Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Afi kae wokpɔ kpe xɔasi siwo wotsɔ ɖo Israel ƒe nunɔlagã la ƒe kɔmewua ŋu la le?

Esi Israel viwo ʋu tso Egipte henɔ gbea dzi ye Mawu de se na wo be woawɔ kɔmewu sia. (2 Mose 28:15-21) Kpe xɔasi siwo wotsɔ ɖo kɔmewua ŋu lae nye karneol, topas, smaragd, rubin, safir, oniks, ligurio, axat, ametist, krisolit, soham kple yaspis. a Ðe kpe xɔasi siawo nɔ Israel viwo si nyateƒea?

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, amewo dea asixɔxɔ kpe xɔasiwo ŋu, eye wotsaa eƒe asi hã. Le kpɔɖeŋu me, blema Egiptetɔwo yia keke afi siwo woyɔna egbea be Iran, Afghanistan kple ɖewohĩ India gɔ̃ hã ɖaƒlea kpe xɔasiwo. Wokua kpe xɔasi vovovowo le Egiptetɔwo ƒe tomenukuƒewo hã. Tomenukuƒe siwo nɔ nuto siwo dzi ɖum Egipte fiawo nɔ me la nɔ fia si nɔ dzi ɖum la ƒe ŋusẽ te. Blemafofo Hiob ƒo nu tso ale si eŋɔlimetɔwo ɖea dowo kple toƒewo ɖe anyigbatu me tsɔ dia tomenu xɔasiwoe ŋu. Le nu siwo wokuna le to me dome la, esiwo ŋu Hiob ƒo nu tsoe tẽe lae nye safir kple topas.​—Hiob 28:1-11, 19.

Wogblɔ le Mose ƒe Agbalẽ Evelia me be Israel viwo ‘ha Egiptetɔwo’ hexɔ woƒe kesinɔnuwo le wo si esime wonɔ ʋuʋum le anyigba la dzi. (2 Mose 12:35, 36) Eya ta ate ŋu anye be Egipte ye Israel viwo kpɔ kpe xɔasi siwo wotsɔ ɖo nunɔlagã la ƒe kɔmewua ŋu la tsoe.

Nu ka tae wozã wain abe atike ene le Biblia ŋlɔɣiwo?

Le kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ dometɔ ɖeka me la, eƒo nu tso ŋutsu aɖe si adzodalawo ƒo la ŋuti. Yesu gblɔ be Samaria ŋutsu aɖee va kpe ɖe eŋu hekɔ “ami kple wain” ɖe eƒe abiwo me hebla wo nɛ. (Luka 10:30-34) Le agbalẽ si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo me la, eɖo aɖaŋu nɛ be: ‘Mèganɔ tsi ɖeɖe ko nom o, ke boŋ zã wain vi aɖe le wò dɔgbo kple wò lãmegbegblẽ enuenu la ta.’ (1 Timoteo 5:23) Ðe mɔ si nu wozã wain le si ŋu Yesu ƒo nu tsoe kple aɖaŋu si Paulo ɖo la sɔ le atikewɔnyawo gomea?

Agbalẽ si nye Ancient Wine gblɔ tso wain ŋu be “eléa vevesese nu, ewua dɔlékuiwo, eye wòganye dɔdatike hã.” Le blema la, wain nye ŋudɔwɔnu vevi aɖe le Egiptetɔwo, Mesopotamiatɔwo kple Aramtɔwo ƒe atikewɔwɔ me. Agbalẽ aɖe (The Oxford Companion to Wine) gblɔ be wain nye “amegbetɔwo ƒe atike xoxotɔ si ŋu wowɔ nuŋlɔɖi tsoe.” Ke agbalẽ bubu (The Origins and Ancient History of Wine) gblɔ tso Aɖaŋu si Paulo ɖo la hã ŋu be: “Numekukuwo ɖo kpe edzi be dɔlékuiwo abe typhoid ene siwo gblẽa nu le ame ŋu la kuna le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me nenye be wokɔ wain ɖe wo dzi.” Numekuku siwo wowɔ egbea ɖo kpe edzi be viɖe mawo kple dɔdada me viɖe bubuwo le atikemenu 500 kple edzivɔ siwo le wain me la dometɔ aɖewo ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Asesẽ be míanya ŋkɔ siwo woyɔna na kpe xɔasi mawo katã egbea.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Dɔwɔla siwo le waintsetsewo fanyam si ƒe tata le Nakht ƒe yɔdo me le Thebes, Egipte

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Gianni Dagli Orti/​The Art Archive at Art Resource, NY