Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Nukunu Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe La Dzia?

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Nukunu Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe La Dzia?

Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Nukunu Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe La Dzia?

HAFI nàxɔ ŋutinya wɔdɔɖeamedzi si ame aɖe gblɔ na wò dzi ase la, anɔ eme be ale si nèka ɖe amea dzii hã awɔ akpa aɖe, alo menye nenemae oa? Menye ale si amea gblɔ ŋutinyaa koe ana nàka ɖe edzi o, ke boŋ ale si wònye anukwareɖila hã tae. Ne eɖi anukware na wò ƒe geɖewoe nye ema, eye meɖoe koŋ ble wò kpɔ o la, ke àkpɔe be esia nye susu nyui si ta nàka ɖe nya si wògblɔ na wò la dzi.

Aleae wòle le nukunu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe hã gome. Mía dometɔ aɖeke menɔ agbe esime nu mawo dzɔ ya o. Gake ne Biblia me nudzɔdzɔ mawo le eme vavã la, ke anya wɔ be míakpɔ kakaɖedzi le wo ŋu. Le mɔ ka nu? Nu siwo na kakaɖedzi le nukunu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu la dometɔ aɖewoe nye esi.

Dutoƒoe wowɔ nukunuawo dometɔ geɖe le. Ɣeaɖewoɣi la, ame akpewo, alo ame akpe teƒe akpewo gɔ̃ hã kpɔa eteƒe. (2 Mose 14:21-31; 19:16-19) Menye ɣaɣlaƒee wowɔ wo le be amewo nagakpɔ wo teƒe o.

Nukunuawo dzɔna le mɔ bɔbɔe nu. Womezã fefewɔwɔ ƒe mɔnuwo alo wɔ wo be wòanye nukpɔkpɔ o, eye wometo ayemɔ aɖeke dzi hã o. Nukunu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ geɖe dzɔ esime amewo menɔ mɔ kpɔm na wo o, alo le esi amewo bia kpekpeɖeŋu ta. (Marko 5:25-29; Luka 7:11-16) Le go siawo me la, mate ŋu anye be ɖe nukunuawo wɔlawo wɔ ɖoɖo kple ameawo do ŋgɔ o.

Menye ŋkɔxɔxɔ, bubu, alo kesinɔnuwo tae wowɔ nukunuawo ɖo o. Ðe wowɔ wo be yewoatsɔ ade bubu Mawu ŋu boŋ. (Yohanes 11:1-4, 15, 40) Wogbe nya na ame sia ame si te kpɔ be yeato nukunuwo wɔwɔ dzi akpɔ ga la vevie.—2 Fiawo 5:15, 16, 20, 25-27; Dɔwɔwɔwo 8:18-23.

Nukunu vovovo siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ɖee fia be womate ŋu adzɔ to amegbetɔwo ƒe ŋusẽ me o. Le kpɔɖeŋu me, wona atsiaƒu kple ahomya dze akɔ anyi, wotrɔ tsi wòzu wain, wona ku ɖi eye tsi gadza, woda dɔ na dɔnɔwo, wona ŋkunɔwo kpɔ nu. Nukunu mawo kple bubu geɖewo ɖee fia be ŋusẽ aɖe si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu si kpɔa ŋusẽ ɖe nuwɔwɔwo katã dzi ye le megbe na wo.—1 Fiawo 17:1-7; 18:41-45; Mateo 8:24-27; Luka 17:11-19; Yohanes 2:1-11; 9:1-7.

Tsitretsiɖeŋula siwo kpɔ nukunu mawo teƒe la gɔ̃ hã megblɔ be nukunuawo medzɔ o. Esi Yesu fɔ exɔlɔ̃ Lazaro ɖe tsitre la, eƒe futɔ siwo nye subɔsubɔhakplɔlawo megblɔ be Lazaro meku o. Ðe wòanya wɔ be woake ɖi hafi ya? Ŋkeke enee nye ema tso esime woɖi Lazaro. (Yohanes 11:45-48; 12:9-11) Ƒe alafa nanewo le Yesu ƒe ku megbe gɔ̃ hã la, Yudatɔwo ƒe Talmud la ŋlɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be nukunuwɔwɔ ƒe ŋutete nɔ Yesu si. Afi si wòkpɔ ŋusẽa tsoe la ko ŋue wotsɔ nya ɖo. Nenema kee esi wokplɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo va Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe la, womebia wo be “Ðe miewɔ nukunua?” hã o, ke boŋ wobia wo be: “Ŋusẽ ka dzi alo ame ka ƒe ŋkɔ me ye miewɔ nu sia le?”—Dɔwɔwɔwo 4:1-13.

Eya ta ɖe nàte ŋu aka ɖe nu siwo Biblia gblɔ tso nukunuwo ŋu la dzia? Le nu siwo me míedzro fifia nu la, eme kɔ ƒãa be kakaɖedzi sẽŋu le nu siwo Biblia gblɔ tso nukunuwo ŋu la ŋu. Susu bubuwo hã li siwo ta míaka ɖe Biblia me nuŋlɔɖi siawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne Biblia ƒo nu tso nudzɔdzɔ aɖe ŋu la, egblɔa ɣeyiɣi si nua dzɔ, afi si wòdzɔ le kple ame siwo ŋu wòku ɖo. Ale si Biblia gblɔ blemaŋutinyawo pɛpɛpɛ la wɔ nuku na ame siwo ƒoa nu tsia tre ɖe eŋu la gɔ̃ hã. Biblia me nyagblɔɖi alafa nanewo va eme pɛpɛpɛ. Gawu la, nuxlɔ̃ame geɖewo le Biblia me ku ɖe ale si woana dzidzɔ nanɔ amewo dome ƒomedodowo me ŋu, eye nuxlɔ̃ame sia kpe ɖe ameƒomevi vovovowo ŋu, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa. Aɖaŋu siwo Biblia ɖo ku ɖe ale si wòle be amewo nawɔ nu ɖe wo nɔewo ŋui ŋu la ƒo bubu ɖe sia ɖe ta.

Ne mèkpɔ ka ɖe Biblia dzi bliboe haɖe o la, ɖe manyo be nàdi ɣeyiɣi adzro eme nyuie oa? Zi ale si nèle esrɔ̃m la, zi nenemae nàva ka ɖe emenyawo dzi wu. (Yohanes 17:17) Àva de dzesii be yeate ŋu aka ɖe nu siwo wògblɔ tso nukunu siwo dzɔ va yi ŋu la dzi. Ne èva ka ɖe nukunu mawo dzi la, ekema àkpɔ susu nyui siwo ta nàka ɖe nu si Biblia gblɔ tso nu siwo ava dzɔ le etsɔme kpuie ŋu la dzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu ƒe futɔwo meke ɖi Lazaro ƒe ku la o