Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukunu Siwo Adzɔ Kpuie

Nukunu Siwo Adzɔ Kpuie

Nukunu Siwo Adzɔ Kpuie

NE WOÐO ŋkeke na wò be nàva kɔdzi ne amekola aɖe nawɔ dɔ sesẽ aɖe na wò la, aleke nàse le ɖokuiwò me ne èse be amekola sia mewɔ dɔ ma tɔgbi na ame aɖeke kpɔ o? Ðikeke mele eme o be àvɔ̃. Ke mítsɔe be èse be amekola si awɔ dɔa na wò la nye amekola bibi, eye be ewɔ dɔ sia ƒomevi na ame alafa nanewo dzidzedzetɔe. Ðe màka ɖe edzi geɖe wu be ada dɔa na  oa?

Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, ehiã be woawɔ dɔ sesẽ aɖe na xexe lédɔ sia si me míele. Yehowa Mawu do ŋugbe to eƒe Nya, Biblia, dzi be yeatrɔ anyigba sia wòazu Paradiso. (2 Petro 3:13) Gake hafi esia nadzɔ la, ele be woaɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa keŋkeŋ. (Psalmo 37:9-11; Lododowo 2:21, 22) Ele be woaɖe nɔnɔme wɔnublanui siwo katã teƒe kpɔm míele la ɖa hafi woate ŋu atrɔ anyigba wòazu paradiso. Nukunu ko dzie esia ate ŋu ato ava eme!—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

Yehowa Ðasefowo xɔe se be tɔtrɔ gã mawo ava kpuie. Nu ka tae? Elabena nukunu siwo Yehowa Mawu wɔ va yi la nye kpeɖodzi be ŋusẽ le esi be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme. Tsɔ nukunu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dometɔ ade ko sɔ kple ŋugbe siwo wòdo ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la kpɔ.

Neva eme be nàyi edzi asrɔ̃ nu tso ŋugbe siwo Biblia do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la ŋu. Ne wò xɔse le tsitsim ɖe edzi la, mɔkpɔkpɔ si le asiwò be wò ŋutɔ nànɔ agbe akpɔ nukunu siwo ŋugbe Yehowa do teƒe la hã me agasẽ ɖe edzi.

[Aɖaka/​Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

NUKUNUA:

YESU TSƆ ABOLO KPLE LÃ ƲƐ AÐEWO NYI AME AKPE NANEWO.​—MATEO 14:13-21; MARKO 8:1-9; YOHANES 6:1-14.

ŊUGBEDODOA:

“Anyigba [amie] eƒe nukuwo. Mawu, mía Mawu la, ayra mí.”​—PSALMO 67:7.

NU SI WÒFIA NA MÍ:

DƆ MAGAWU AME AÐEKE AZƆ O.

NUKUNUA:

YESU NA ŊKUAGBÃTƆWO GAKPƆ NU.​—MATEO 9:27-31; MARKO 8:22-26.

ŊUGBEDODOA:

“Ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu.”​—YESAYA 35:5.

NU SI WÒFIA NA MÍ:

ŊKUAGBÃTƆWO KATÃ AGAKPƆ NU.

NUKUNUA:

YESU DA GBE LE NUWƆAMETƆWO ŊU.​—MATEO 11:5, 6; YOHANES 5:3-9.

ŊUGBEDODOA:

“Xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene.”​—YESAYA 35:6.

NU SI WÒFIA NA MÍ:

WOADA GBE LE NUWƆAMETƆWO KATÃ ŊU.

NUKUNUA:

YESU DA DƆ VOVOVOWO NA AMEWO.​—MARKO 1:32-34; LUKA 4:40.

ŊUGBEDODOA:

“Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”​—YESAYA 33:24.

NU SI WÒFIA NA MÍ:

DƆLÉLE ƑOMEVI VOVOVOAWO KATÃ NU AYI. MÍANƆ LÃMESẼ BLIBO ME.

NUKUNUA:

YESU KPƆ ŊUSẼ ÐE DZƆDZƆMENUWO DZI.​—MATEO 8:23-27; LUKA 8:22-25.

ŊUGBEDODOA:

“Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse. Womadze agbagba dzodzro o.”​—YESAYA 65:21, 23.

“Ànɔ adzɔge na ŋutasesẽ, elabena màvɔ̃ o, eye ànɔ adzɔge na ŋɔdzi, elabena mate ɖe ŋuwò o.”​—YESAYA 54:14.

NU SI WÒFIA NA MÍ:

DZƆDZƆMEFƆKUWO MAGADZƆ AZƆ O.

NUKUNUA:

YESU FƆ AME KUKUWO ÐE TSITRE.​—MATEO 9:18-26; LUKA 7:11-17.

ŊUGBEDODOA:

‘Ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ado go.’​—YOHANES 5:28, 29.

“Atsiaƒu tsɔ ame kuku siwo le eme la na, eye ku kple [tsieƒe] tsɔ ame kuku siwo nɔ wo me la na.”​—NYAÐEÐEFIA 20:13.

NU SI WÒFIA NA MÍ:

WOAFƆ MÍAƑE AME VEVI SIWO KU LA ÐE TSITRE.