Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Srɔ̃ Nu Tso Mawu Ƒe Nya La Me

Nu Kae Adzɔ Le Ʋɔnudrɔ̃gbea?

Nu Kae Adzɔ Le Ʋɔnudrɔ̃gbea?

Nyati sia dzro nyabiase siwo nànya nɔ ŋuɖoɖo dim na la me, eye afia wò afi si nàkpɔ ŋuɖoɖoawo le le wò Biblia me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoadzro nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me kpli wò.

1. Nu kae nye Ʋɔnudrɔ̃gbea?

Abe ale si wòdze le nɔnɔmetata si le ɖusime la me ene la, ame geɖe susui be le Ʋɔnudrɔ̃gbea la, woafɔ luʋɔ biliɔn geɖe ɖe tsitre woava tsi tsitre ɖe Mawu ƒe fiazikpuia ŋkume be woadrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe nu siwo wowɔ va yi ta, eyome ame aɖewo ayi dziƒo, ke woawɔ funyafunya ame bubuwo le dzo mavɔ me. Gake Biblia ɖee fia be madzɔmadzɔnyenye ɖeɖeɖa koŋ tae Ʋɔnudrɔ̃gbea gbɔna ɖo. (Psalmo 96:13) Mawu tia Yesu be wòanye Ʋɔnudrɔ̃la si ava na dzɔdzɔenyenye naxɔ aƒe ɖi.—Xlẽ Yesaya 11:1-5; Dɔwɔwɔwo 17:31.

2. Aleke Ʋɔnudrɔ̃gbea ava ɖɔ madzɔmadzɔnyenye ɖoe?

Esi ame gbãtɔ Adam ɖoe koŋ dze aglã ɖe Mawu ŋu la, nu vɔ̃, fukpekpe kple ku ye do tso eme na eƒe dzidzimeviwo katã. (Romatɔwo 5:12) Be woaɖɔ madzɔmadzɔnyenye ma ɖo la, Yesu afɔ ame kuku biliɔn geɖe ɖe tsitre. Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be esia adzɔ le Kristo Yesu ƒe ƒe akpe ɖeka dziɖuɖua me.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 20:4, 11, 12.

Ne wofɔ kukuawo ɖe tsitre la, menye nu siwo wowɔ hafi ku la dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo o, ke boŋ agbe si woanɔ ne wova ɖe “agbalẽ xatsaxatsa” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia ta 20 lia me nyawo ɖe go la dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo. (Romatɔwo 6:7) Apostolo Paulo gblɔ be “ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa” le ame siwo woafɔ ɖe tsitre ahana mɔnukpɔkpɔ wo be woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu la dome.—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 24:15.

3. Nu kawoe adzɔ le Ʋɔnudrɔ̃gbea?

Mɔnukpɔkpɔ asu ame siwo menya naneke tso Yehowa Mawu ŋu hesubɔe hafi ku o la si be woatrɔ dzi me ahawɔ nyui. Ne wonɔ agbe nyui la, ke woƒe tsitretsitsia anye “agbe ƒe tsitretsitsi.” Gake ame siwo woafɔ ɖe tsitre la dometɔ aɖewo madi be yewoasrɔ̃ Yehowa ƒe mɔwo o. Le woawo gome la, woƒe tsitretsitsia anye “ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”—Xlẽ Yohanes 5:28, 29; Yesaya 26:10; 65:20.

Kaka Ʋɔnudrɔ̃gbea, si axɔ ƒe akpe ɖeka la, nawu enu la, Yehowa ana nu sia nu nade blibo na ameƒomea me tɔ toɖolawo, abe ale si wònɔ le gɔmedzedzea me ene. (1 Korintotɔwo 15:24-28) Etsɔme nyui ka gbegbee nye esi le ŋgɔ na nuteƒewɔlawo katã! Le dodokpɔ mamlɛtɔ me la, Mawu aɖe Satana Abosam tso aʋli si me wòanɔ ƒe akpe ɖeka la me. Satana agadze agbagba be yeate amewo ɖa tso Mawu gbɔ, gake ame siwo atsi tsitre ɖe Satana ŋu la anɔ agbe tegbee le anyigba dzi.—Xlẽ Yesaya 25:8; Nyaɖeɖefia 20:7-9.

4. Ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ŋkeke bubu kae aɖe vi na ameƒomea?

Biblia gazãa nya ‘ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ŋkeke’ ne ele nu ƒom tso nudzɔdzɔ si me woava ɖe fifi nuɖoanyia ɖa le la ŋu. Ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe ŋkeke sia ava zi ɖeka kpoyi abe Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔ si ɖe dzidzime vɔ̃ɖi si nɔ anyi ɣemaɣi la ɖa ene. Dzidzɔtɔe la, ale si woatsrɔ̃ “ame mavɔ̃mawuwo” ɖa le anyigba dzi kpuie la ana mɔ naʋu ɖi be amewo nanɔ xexe yeye si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la me.—Xlẽ 2 Petro 3:6, 7, 13.