Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiase Gbãtɔ: Taɖodzinu Aɖe Tae Mele Agbe Ðoa?

Nyabiase Gbãtɔ: Taɖodzinu Aɖe Tae Mele Agbe Ðoa?

ROSALIND, si tsi le England la di vevie be sidzedze geɖe wu nasu ye si le agbe me. Edi be yeakpe ɖe amewo ŋu hã. Esi wòwu suku nu la, ekpɔ dɔ gã aɖe si bia be wòanɔ kpekpeɖeŋu nam aƒemanɔsitɔwo, eye wòkpena ɖe nuwɔametɔwo hã ŋu. Togbɔ be ekpɔ dɔ nyui nɔ wɔwɔm, eye nuwo de edzi hã la, egblɔ be, “Tso ɣeaɖeɣi ke mebiana be, ‘Nu ka tae míele agbe ɖo?’ eye ‘Taɖodzinu kae le agbea ŋu?’”

Nu ka tae wòsɔ be woabia nya sia?

Amegbetɔwo mele abe lã siwo mebua tame la ene o. Ŋutete le míawo ya si be míasrɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ va yi la me, awɔ ɖoɖo ɖe etsɔme ŋu, eye míadi taɖodzinu si le agbea ŋu.

Aleke ame aɖewo ɖoa eŋui?

Ame geɖe gblɔna be taɖodzinu si koŋ le agbea ŋue nye be nàkpɔ kesinɔnuwo alo axɔ ŋkɔ, si awɔe be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me.

Nu kae ŋuɖoɖo ma fia?

Míawo ŋutɔwoe atso nya me le nu siwo le vevie wu le agbe me ŋu. Míaƒe didiwo le vevie wu Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.

Nu kae nye Biblia ƒe nufiafia?

Kesinɔnu geɖe nɔ Fia Salomo si, eye wòti dzidzɔkpɔkpɔ yome vevie, gake eva de dzesii be nu siawo menana viɖe nɔa ame ƒe agbe ŋu ɖaa o. Eva de dzesi nu si koŋ nana taɖodzinu nɔa agbea ŋu esi wògblɔ be: “Mina míase nyaawo katã ƒe taƒonya be: Vɔ̃ Mawu, eye nàlé eƒe seawo me ɖe asi; elabena esia nye amegbetɔwo katã tɔ!” (Nyagblɔla 12:13) Nu kae wòbia be míalé Mawu ƒe sewo me ɖe asi?

Tame si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu dometɔ ɖekae nye be míase vivi le agbe me. Salomo ŋlɔ bena: “Ðe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ano nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe ale si mekpɔe ene.”—Nyagblɔla 2:24.

Mawu di hã be míalɔ̃ míaƒe ƒomea me tɔwo ahalé be na wo. De dzesi mɔfiame kpui siawo siwo wɔa dɔ, si wòna ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe.

  • “[Ele] be srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.”—Efesotɔwo 5:28.

  • “Ele be srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—Efesotɔwo 5:33.

  • “Ðeviwo, miɖo to mia dzilawo.”—Efesotɔwo 6:1.

Ne míewɔ ɖe Biblia me mɔfiame siawo dzi la, míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme aɖe si nu. Gake nu vevitɔ si míate ŋu awɔe nye be míasrɔ̃ nu sia nu si wòanya wɔ be míasrɔ̃ tso mía Wɔla la ŋu, eye míate ɖe eŋu anye exɔlɔ̃wo. Le nyateƒe me la, Biblia de dzi ƒo na mí be ‘míate ɖe Mawu ŋu.’ Eye wògblɔ kakaɖedzinya siawo kpee be: “Ate ɖe mia ŋu.” (Yakobo 4:8) Ne èwɔ ɖe amekpekpe sia dzi la, taɖodzinu vavã anɔ wò agbe ŋu.

Rosalind, si ŋu nya míegblɔ va yi la, va se le eɖokui me fifia be yenya taɖodzinu si le agbea ŋu. Àte ŋu axlẽ nu si wògblɔ be eyae kpe ɖe ye ŋu yetrɔ yeƒe susu la le magazine sia ƒe axa 10 lia.