Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Na Nuxlẽlawo

Na Nuxlẽlawo

Wodze magazine si xlẽm nèle fifia la tata gɔme tso July 1879 me. Nuwo le tɔtrɔm tso ɣemaɣi va de asi na fifia, eye nenema kee wòle le magazine sia hã gome. (Kpɔ foto siwo le etame.) Àde dzesi tɔtrɔ bubu aɖewo hã tso Gbetakpɔxɔ ƒe tata sia dzi. Nu kawoe trɔ?

Le dukɔ geɖe me la, ame geɖe wu va le dzidzɔ kpɔm ɖe nyatakakawo xexlẽ le Internet dzi ŋu. Ele bɔbɔe ŋutɔ be woato kɔmpiuta dzi ake ɖe nyatakaka siwo woate ŋu axlẽ le Internet ko dzi la ŋu. Agbalẽwo, magazinewo kple nyadzɔdzɔgbalẽ geɖewo li siwo woate ŋu axlẽ le Internet dzi.

Le esia taa, míetrɔ asi le míaƒe Nyatakakadzraɖoƒe si nye www.ps8318.com la ŋu nyitsɔ laa be nyawo didi le afi ma nanɔ bɔbɔe wu, eye wòado dzidzɔ na ame. Ame siwo yi Nyatakakadzraɖoƒea ate ŋu axlẽ agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ siwo wu 430 sɔŋ me. Ke hã, tso ɣleti sia dzi yina la, ame siwo ayi afi ma la ate ŋu akpɔ nyati aɖewo siwo dzena edziedzi tsã le magazineawo me la le Nyatakakadzraɖoƒe ma ko azɔ. *

Esi míada nyati geɖe ɖe Internet ko dzi ta la, tso magazine sia ƒe tata dzi yina la, Gbetakpɔxɔ ƒe axawo ƒe xexlẽme maganye 32 o, ke boŋ 16. Wole Gbetakpɔxɔ tam ɖe gbegbɔgblɔ 204 me xoxo. Esi axawo ƒe xexlẽme dzi ɖe kpɔtɔ ta la, woate ŋu atae ɖe gbegbɔgblɔ geɖe wu me azɔ.

Míele mɔ kpɔm be tɔtrɔ siawo ana be Biblia me gbedeasi si xɔa ame ɖe agbe la naɖo ame geɖe wu gbɔ. Míeɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ nyati dodzidzɔname siwo me nufiame le la tam le agbɔsɔsɔme—le agbalẽwo kple Internet siaa dzi—be wòaɖe vi na míaƒe nuxlẽla geɖe siwo dea asixɔxɔ Biblia ŋu hedina be yewoanya nu si tututu nye Biblia ƒe nufiafia la.

Etalawo

^ mm. 5 Nyati siwo adze le afi ma ɖeɖe ko la dometɔ aɖewoe nye: “For Young People,” si dzroa Biblia me nyati siwo doa dzidzɔ na ɖeviwo koŋ la me, kple “My Bible Lessons,” si ŋu wotrɔ asi le be dzilawo natsɔ afia nu wo vi siwo mexɔ wu ƒe etɔ̃ o.