Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Viɖe Anɔ Míaƒe Agbe Ŋu Ne Míesrɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu

Viɖe Anɔ Míaƒe Agbe Ŋu Ne Míesrɔ̃ Yesu Ƒe Kpɔɖeŋu

“[Nɔ] agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene.”​—1 Yohanes 2:6, Agbenya La.

ABE ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, Yesu nɔ agbe si ŋu viɖe le. Eya ta ne míedi be viɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu la, anyo be míaɖo to eƒe aɖaŋuɖoɖowo ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu.

Le nyateƒe me la, nu ma tututue Yehowa de dzi ƒo na mí be míawɔ, abe ale si wòdze le mawunyakpukpui si le etame la me ene. Agbenɔnɔ abe ale si Yesu nɔ agbee ene bia be míadze eƒe afɔɖoƒewo yome ahanɔ agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu. Esia wɔwɔ ana Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye viɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu.

Mɔfiame siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe abe ale si Yesu nɔ agbee ene la hã nɔ eƒe nufiafiawo. Mɔfiame siawo dometɔ geɖe dze le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me. Na míadzro mɔfiame siawo dometɔ ʋɛ aɖewo kpakple ale si míate ŋu anɔ agbe ɖe wo nui la me.

MƆFIAME: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”​—Mateo 5:3.

ALE SI MƆFIAME SIA DZI WƆWƆ NANA VIÐE NƆA AGBE ŊU:

Yesu ɖee fia be le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔwo kpɔnɛ be ehiã be yewoadze si Mawu. Míedina be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiasewo abe esiawo ene: Nu ka tae míele afi sia ɖo? Nu ka tae fukpekpe le anyigba sia dzi alea gbegbe ɖo? Ðe Mawu tsɔ ɖe le eme na mí vavã? Ðe agbe gale ku megbea? Ele be míanya nyabiase siawo tɔgbi ƒe ŋuɖoɖo hafi viɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu. Yesu nyae be Mawu ƒe Nya la me koe míate ŋu akpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo nyuitɔwo le. Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me be: “Wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Ðe Mawu ƒe Nya la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya Mawu eye míakpɔ dzidzɔ vavã?

AGBEMENUDZƆDZƆ:

Esusɔ vie ne Esa, si nye hadzila vevitɔ le rock haƒoha aɖe me la, nava zu hadzila xɔŋkɔ. Togbɔ be ekpɔ dzidzedze alea hã la, dzi menɔ edzɔm o. Egblɔ be: “Togbɔ be hadzihaa me nɔnɔ dze ŋunye hã la, dzidzeme vavãtɔ mesu asinye o.” Emegbe Esa do go Yehowa Ðasefo aɖe. Esa gblɔ be: “Melɔ biabia gbogbo aɖewo kɔ ɖe edzi. Ale si eƒe nyaŋuɖoɖowo me kɔ eye wòtsɔ Biblia ɖo kpe wo dzii la wɔ dɔ ɖe dzinye, si wɔe be melɔ̃ wòsrɔ̃ Biblia kplim.” Nu siwo Esa srɔ̃ le Biblia me la de dzi gbɔ nɛ eye wòʋãe wòtsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Egblɔ be: “Tsã la, kuxiwo kple nya sesẽwo ɖea kpe nam enuenu. Gake fifia ya, taɖodzinu vavã le nye agbe ŋu.” *

MƆFIAME: “Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo.”​—Mateo 5:7.

ALE SI MƆFIAME SIA DZI WƆWƆ NANA VIÐE NƆA AGBE ŊU:

Nublanuikpɔkpɔ bia be woase veve ɖe ame bubuwo nu, woatsɔ ɖe le woƒe nyonyo me ahanyo dɔme na wo. Yesu kpɔ nublanui na ame siwo nɔ hiã me. Esi eƒe dɔme trɔ ɖe ame siwo nɔ fu kpem ŋu ta la, eʋãe wòkpe ɖe wo ŋu. (Mateo 14:14; 20:30-34) Ne míesrɔ̃a Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ la, viɖe nɔa míaƒe agbe ŋu wu, elabena ame siwo kpɔa nublanui na ame la kpɔa dzidzɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Nublanuikpɔkpɔ dzena le míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me eye wònaa gbɔdzɔe ame siwo hiã míaƒe kpekpeɖeŋu. Ðe nublanuikpɔkpɔ na amewo nana míaƒe dzi dzea eme nyateƒea?

Maria kple Carlos

AGBEMENUDZƆDZƆ:

Maria kple srɔ̃a, Carlos, ɖo nublanuikpɔkpɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Maria fofo nye aho, eye eva dze dɔ tsi teƒe ɖeka nyitsɔ laa. Maria kple Carlos kplɔe va da ɖe wo ɖokui gbɔ le aƒe me hele eƒe hiahiã ɖe sia ɖe gbɔ kpɔm nɛ. Wotsia zãdomadɔlɔ̃e zi geɖe, eye wòhiãna gɔ̃ hã be woakɔe ayi kɔdzi kpata ne eƒe suklidɔa ho nɛ. Wolɔ̃  ɖe edzi be nu tea yewo ŋu ɣeaɖewoɣi. Gake wole dzidzɔ kpɔm, abe ale si Yesu gblɔe ene, elabena woƒe dzi dze eme le esi wokpɔe be yewole Maria fofo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔm nɛ ta.

MƆFIAME: “Dzidzɔtɔwoe nye ŋutifafawɔlawo.”—Mateo 5:9.

ALE SI MƆFIAME SIA DZI WƆWƆ NANA VIÐE NƆA AGBE ŊU:

Mɔ ka nue ŋutifafawɔwɔ nana viɖe nɔa ame ƒe agbe ŋu le wu? Mɔ ɖekae nye be ewɔnɛ be míenɔa ƒomedodo nyui me kple ame siwo dome míele. Eɖea vi ne míewɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ne anya wɔ, eye wòanye nu si atso mia gbɔ la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.” (Romatɔwo 12:18) Ƒometɔwo kple ame siwo menye haxɔsetɔwo o hã le “amewo katã” si woyɔ le afi sia la dome. Ðe ŋutifafamenɔnɔ kple “amewo katã” ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ wu le agbe me vavã?

Nair

AGBEMENUDZƆDZƆ:

Bu nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Nair ƒe ŋutinya ŋu kpɔ. Ƒe geɖewoe nye esia la, edo go nya sesẽ geɖe siwo wɔe be menɔ bɔbɔe nɛ be wòanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me o, vevietɔ le eya ŋutɔ ƒe ƒomea me. Tso esime srɔ̃a gblẽe ɖi abe ƒe 15 sɔŋue nye esia ene la, eya ɖeka koe le viawo dzi kpɔm. Atike muamewo zazã zu numame na viaŋutsuwo dometɔ ɖeka, si wɔnɛ be wòwɔa nugbɔme hedoa ŋɔdzi na woa kple vianyɔnua zi geɖe. Nair ka ɖe edzi be nu si yesrɔ̃ tso Biblia me lae do ŋusẽ ye be yenye ŋutifafawɔla le nɔnɔme sesẽ mawo gɔ̃ hã me. Eɖua eɖokui dzi be yeagahe nya alo awɔ dzre o. Edzea agbagba vevie be yeanyo dɔme na amewo, ase veve ɖe wo nu ahase nu gɔme na wo. (Efesotɔwo 4:31, 32) Eka ɖe edzi be ye ɖokui mamla be yeawɔ ŋutifafa kple amewoe na ƒomedodo nyui aɖe le ye kple yeƒe ƒometɔwo kpakple ame bubuwo dome.

ETSƆMENYANYA LE VEVIE

Ne míenɔ agbe ɖe Yesu ƒe mɔfiame nyuiawo nu la, míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me. Gake hafi viɖe nanɔ míaƒe agbe ŋu vavã la, ele be míanya ale si etsɔme ava nɔ hã. Nya lae nye be, viɖe kae anɔ míaƒe agbe ŋu ne nu si míenya koe nye be míava tsi, alé dɔ ahaku mlɔeba? Ke hã nu siawo tututue le dzɔdzɔm le xexe sia me.

Gake nya nyui aɖe li! Eyae nye be Yehowa ɖo tame be yeayra ame siwo katã dzea agbagba nɔa “agbe abe ale si Yesu hã nɔ agbee ene” la geɖe le etsɔme. Yehowa do ŋugbe be, eteƒe madidi o, yeahe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la vɛ, afi si nuteƒewɔlawo anɔ agbe tegbee le lãmesẽ blibo me le, abe ale si Yehowa ɖoe ene. Eƒe Nya la gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔwo. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Maria, si nye nyɔnu si xɔ ƒe 84, si ŋu nya míegblɔ le nyati siawo ƒe gbãtɔ me la tsɔ dzidzɔ le mɔ kpɔm na nya mawo me vava. Ke wò ya ɖe? Àdi be yeanya nu geɖe tso “agbe vavã,” si asu amewo si le Mawu Fiaɖuƒea te la ŋua? (1 Timoteo 6:19) Ne èdii la, ekema te ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu, alo nàŋlɔ agbalẽ na magazine sia talawo. *

^ mm. 8 Àte ŋu axlẽ Esa ŋuti nya bliboa le magazine sia ƒe axa 8-9.

^ mm. 18 Agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta, la kpe ɖe ame geɖewo ŋu wosrɔ̃ nu tso Ŋɔŋlɔawo me nyati vovovowo ŋu.