Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Ðe wòanya wɔ be míase Biblia gɔmea?

Mawu ƒe Nyae Biblia nye. Ele abe lɛta si vifofo lɔ̃ame aɖe ŋlɔ na viawo ene. (2 Timoteo 3:16) Mawu ɖe ale si míawɔ be wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, nu si tae wòɖe mɔ fukpekpe li ɖo kple ale si ameƒomea ƒe etsɔme anɔ la me le Biblia me. Gake subɔsubɔhakplɔlawo trɔ gbo Biblia ƒe nufiafiawo, si wɔe be ame geɖe susu be yewomate ŋu ase Biblia gɔme gbeɖe o.—Dɔwɔwɔwo 20:29, 30.

Yehowa Mawu di be míanya ye ŋuti nyateƒea. Le esia ta, ena agbalẽ aɖe si gɔme míate ŋu ase la mí.​—Xlẽ 1 Timoteo 2:3, 4.

Aleke nàwɔ ase Biblia gɔme?

Menye ɖeko Yehowa na Biblia mí ko evɔ o, ke ekpena ɖe mía ŋu be míase egɔme hã. Edɔ Yesu ɖa wòva fia nu mí. (Luka 4:16-21) Yesu kpe ɖe eƒe nyaselawo ŋu wose Ŋɔŋlɔawo gɔme, eye ehea susu yia eƒe akpa vovovowo dzi ne ele nu fiam.​—Xlẽ Luka 24:27, 32, 45.

Yesu ɖo Kristo hamea anyi ale be dɔ si gɔme yedze la nayi edzi. (Mateo 28:19, 20) Egbea, Yesu yomedzela vavãwo kpena ɖe amewo ŋu wosea nu si Biblia fia ku ɖe Mawu ŋu la gɔme. Ne èdi be yease Biblia gɔme la, adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.​—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 8:30, 31.