GBETAKPƆXƆ March 2014 | Nu Tɔxɛ Si Mawu Wɔ Na Wò

Mawu na agbe mí eye wòna nu siwo míehiã be míase vivi na agbea la mí, gake nu mawo koe le veviea?

NYATI SI LE AKPAA DZI

Nu Tɔxɛ Si Mawu Wɔ Na Wò

Mawu ƒe dzidzenu si nye “agbe ɖe agbe teƒe” la na míese nu si ta Mawu ‘tsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena’ la gɔme.

NYATI SI LE AKPAA DZI

Wɔna Aɖe Si Mele Be Wòato Ŋuwò O

Míele kpewòm be nàva wɔ ɖeka kpli mí le Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔnaa me.

AGBEMEŊUTINYA

Megbɔdzɔ Gake Ŋusẽ Le Ŋunye

Mawu na “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” la nyɔnu aɖe si tsi bunɔkeke me la le eƒe xɔse ta.

Ðe Mawu Da Asi Ðe Xɔsetsakatsaka Dzia?

Ðe woaxa ɖe ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa ta awɔ nu sia nu koa? Ðewohĩ ale si Biblia ɖo eŋui la awɔ nuku na wò.

Ale Si Mawu Ƒe Nyaa Wɔ Kaka Le Spain Le Titinaɣeyiɣiwo Me

Nu kae ɖe dzesi le nusrɔ̃vi siwo gbugbɔ ŋlɔ Biblia me nyawo ɖe kpewo dzi kple ame siwo tsɔ Biblia gba de la ŋu?

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Ƒomedodo kplikplikpli aɖe le nu vɔ̃ si ame gbãtɔ, Adam, wɔ kple Yesu ƒe kua dome. Le mɔ ka nu?

Internet Dzi Nu Bubuwo

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Easter (Pâques) Ŋu?

Xlẽ nu tso Easter-kɔnu 5 aɖewo ŋu.