Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Da Asi Ðe Xɔsetsakatsaka Dzia?

Ðe Mawu Da Asi Ðe Xɔsetsakatsaka Dzia?

“Ðe subɔsubɔhawo nana míewɔa ɖeka loo alo wodea mama mía dome?” Wotsɔ nyabiase sia ɖo magazine si nye The Sydney Morning Herald la xlẽlawo ŋkume. Ame siwo ɖo nyaa ŋu ƒe akpa gãtɔ, siwo ade 89 le alafa me la, xɔe se be subɔsubɔhawo dea mama mía dome.

AME siwo doa subɔsubɔhawo ƒe ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ ya ƒe susu to vovo. Eboo Patel, ame si ɖo Subɔsubɔhawo Ƒe Ðekawɔwɔ Habɔbɔ Na Sɔhɛwo la gblɔ be: “Mifia subɔsubɔha si nublanuikpɔkpɔ mele vevie na o . . . , alo subɔsubɔha si metsɔ ɖeke le anyigba ƒe dedienɔnɔnyawo me o . . . , alo esi metsɔa ɖeke le amedzrowɔwɔ me o lam.”

Le nyateƒe me la, Buddhatɔwo, Katolikotɔwo, Protestanttɔwo, Hindutɔwo, Moslemtɔwo, kple subɔsubɔha bubu me tɔwo wɔa nu aduadu ɣeaɖewoɣi be yewoakpɔ ahedada ƒe nyawo gbɔ, aʋli amegbetɔwo ƒe gomenɔamesiwo ta, ana woade se ɖe tomebɔmbwo wɔwɔ nu, alo ahe amewo ƒe susu ayi ale si wole anyigba gblẽmee dzi. Xɔseha vovovowo dzea agbagba be yewoana gɔmesese ɖeka nasu yewo si eye yewoade dzi ƒo na yewo nɔewo. Eya ta wowɔa ɖoɖo ɖua azã, dzia ha, doa gbe ɖa, eye wowɔa kɔnu bubu siwo me wosia bosomikaɖiwo le tsɔ ɖenɛ fiana be yewowɔ ɖeka.

Ðe subɔsubɔhawo ƒe nuwɔwɔ aduadu alea nye mɔ si dzi woato aɖe vovototo si le wo dome la ɖa? Xɔsetsakatsaka dzie Mawu ato ana xexea me nanyo wua?

ÐE WOAWƆ NU SIA NU KO LE ÐEKAWƆWƆ TA?

Habɔbɔ gãgã siwo doa subɔsubɔhawo ƒe ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ la dometɔ ɖeka ƒoa adegbe be subɔsubɔha 200 kple edzivɔ me tɔwoe le yewoƒe habɔbɔa me eye yewole dɔ dzi le dukɔ 76 me. Wogblɔ be yewoƒe taɖodzinue nye “be yewoana nuwɔwɔ aduadu ƒe kadodo nanɔ xɔseha vovovoawo dome ɖaa.” Gake nya ma gbɔgblɔ le bɔbɔe, ke edziwɔwɔe nye nyaa. Le kpɔɖeŋu me, le habɔbɔa ɖolawo ƒe nya nu la, ehiã be yewoaɖɔ ŋu ɖo le hakplɔɖoɖoa ŋɔŋlɔ me ale be woagaɖia subɔsubɔha vovovoawo me tɔwo nu o. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be wo katã womelɔ̃ ɖe edzi be ele be woaƒo nu tso Mawu ŋu le hakplɔɖoɖoa me o. Eya ta mlɔeba, womeyɔ Mawu ƒe ŋkɔ alo ƒo nu tso eŋu le hakplɔɖoɖoa me o.

Ne woɖe Mawu le nyaa me la, ke akpa ka wɔm xɔse le? Gakpe ɖe eŋu la, mɔ ka nue xɔsehawo ƒe ɖekawɔha ma to vovo na kpekpeɖeŋunahabɔbɔ alo dɔmenyohabɔbɔwo le? Esia tae habɔbɔ si ŋu míeƒo nu tsoe la kplɔlawo gblɔ be, menye subɔsubɔhae yewoƒe habɔbɔa nye o, ke boŋ “habɔbɔ si doa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔe wònye.”

ÐE NYUIWƆWƆ DODO ÐE ŊGƆ ÐEÐE SUA?

Aƒetɔ Dalai Lama, si xɔ ŋkɔ le xɔsehawo ƒe ɖekawɔwɔ dodo ɖe ŋgɔ me la gblɔ be: “Nya ɖeka ma ko gblɔmee subɔsubɔha gãwo katã le: eyae nye lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke.” Egblɔ kpee be: “Nu  vevitɔe nye be míaɖe nɔnɔme vevi siawo afia le míaƒe agbenɔnɔ me gbe sia gbe.”

Enye nyateƒe be nɔnɔme vevi siwo nye lɔlɔ̃, nublanuikpɔkpɔ, kple tsɔtsɔke le vevie ŋutɔ. Yesu ƒe nya si wova yɔ be Sikasedede la gblɔ be: “Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.” (Mateo 7:12) Gake nyuiwɔwɔ dodo ɖe ŋgɔ koe xɔse vavãtɔ bia?

Apostolo Paulo gblɔ tso eŋɔlimetɔ siwo gblɔna be Mawu subɔlawoe yewonye la ŋu be: “Mele ɖase ɖim na wo be, dzo le wo me ɖe Mawu ŋu; gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o.” Nu kae nye woƒe kuxia? Paulo gblɔ be: “Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ wole didim be yewoaɖo yewo ŋutɔ tɔ anyi ta.” (Romatɔwo 10:2, 3) Esi nu si Mawu di be woawɔ la ŋuti sidzedze vavãtɔ mesu wo si o ta la, dzo si nɔ wo me kple woƒe xɔse la siaa zu dzodzro.Mateo 7:21-23.

NYA SI BIBLIA GBLƆ TSO XƆSETSAKATSAKA ŊU

Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ŋutifafawɔlawo.” (Mateo 5:9) Yesu ŋutɔ hã wɔ nya ma dzi, elabena mede ŋutasẽnuwɔwɔ dzi o eye egblɔ ŋutifafagbedeasia na subɔsubɔha vovovowo me tɔwo. (Mateo 26:52) Ame siwo xɔ edzi se la lɔ̃ wo nɔewo vevie eye wowɔ ɖeka. (Kolosetɔwo 3:14) Gake ɖe taɖodzinu si nɔ Yesu si la koe nye be yeana ame ƒomevi vovovowo nawɔ nu aduadu eye woanɔ ŋutifafa me kple wo nɔewoa? Ðe Yesu wɔ ɖeka kple ame bubuwo le woƒe subɔsubɔkɔnuwo mea?

Subɔsubɔhawo ƒe kɔmama siwo nye Farisitɔwo kple Zadukitɔwo ƒe kplɔlawo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu vevie, eye wodi be yewoawui gɔ̃ hã. Aleke wòwɔ nui? Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miɖe asi le wo ŋu. Mɔfiala ŋkuagbãtɔwoe wonye.” (Mateo 15:14) Yesu mewɔ ɖeka kple ame mawo le woƒe subɔsubɔkɔnuwo me o.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo Kristo hame aɖe ɖe Korinto, si nye dugã aɖe le Hela, si me subɔsubɔha geɖewo nɔ. Aleke wòle be Kristotɔ siwo nɔ nuto ma me la nawɔ nui? Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe wo be: “Migazu ame siwo nɔa kɔkuti ɖeka te kple dzimaxɔsetɔwo o.” Nu ka tae Paulo gblɔ nya ma ɖo? Eɖe eme be: “Ðekawɔwɔ kae le Kristo kple Belial [Satana] dome? Alo gome kae le nuteƒewɔla si le dzimaxɔsetɔ gbɔ?” Eyome exlɔ̃ nu wo be: “Eya ta mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa.”2 Korintotɔwo 6:14, 15, 17.

Eme kɔ ƒãa be Biblia ƒo nu tsi tre ɖe xɔsetsakatsaka ŋu. Gake ɖewohĩ àbia be, ‘Ekema aleke woawɔ be ɖekawɔwɔ vavãtɔ nanɔ anyi?’

NU SI ANA ÐEKAWƆWƆ VAVÃ NANƆ ANYI

Dukɔwo Ƒe Yamenutome Numekudɔwɔƒe la nye mɔ̃ɖaŋunu deŋgɔ aɖe si le yamenutowo me si le xlã ƒom anyigba la, eye dukɔ vovovo 15 ye wɔ ɖeka ɖoe anyi. Bu eŋu kpɔ ko, ne ɖe dukɔ vovovoawo ƒe nu mesɔ le ɖoɖo si nu woawɔe le ŋu o la, ɖe wòadze edzia?

Nɔnɔme sia tɔgbi mee xɔsetsakatsaka ƒe habɔbɔ siwo li egbea la le. Togbɔ be wodea nuwɔwɔ aduadu kple bubudedeameŋu ƒe dzi ƒo hã la, woƒe nu mesɔ le dzidzenu si dzi woatu woƒe xɔse ɖo la me o. Esia wɔe be woƒe susu to vovo kokoko le nu si anye agbe nyui nɔnɔ ŋuti mɔfiamewo kple woƒe dzixɔsewo la me.

Mawu ƒe se kple dzidzenuwoe le Biblia me. Biblia ate ŋu afia mɔ mí le agbe me. Ame siwo nɔa agbe ɖe emenyawo nu la meléa fu wo havi le dukɔ si me wòtso alo subɔsubɔha si me wòle ta o, eye wonɔa anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me. Mawu gblɔ esia ɖi do ŋgɔ ale: “Matrɔ dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔ wòanye gbegbɔgblɔ dzadzɛ, ale wo katã woayɔ Yehowa ƒe ŋkɔ, ne woawɔ ɖeka asubɔe.” “Gbegbɔgblɔ dzadzɛ” la, si nye mɔ si nu Mawu di be míasubɔ ye le lae nana ɖekawɔwɔ nɔa anyi.Zefaniya 3:9, NW; Yesaya 2:2-4.

Yehowa Ðasefowo tsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàva Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò la me be wò ŋutɔ nàkpɔ ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ si gbegbe le wo dome la teƒe.Psalmo 133:1.