Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE SATANA LI ŊUTƆŊUTƆA?

Ðe Wòle Be Míavɔ̃ Na Satana?

Ðe Wòle Be Míavɔ̃ Na Satana?

Abe carbon monoxide la ene la, míate ŋu akpɔ Satana kple ŋku o, gake eli eye wòvɔ̃ɖi ŋutɔ

Esesẽ be woade dzesi aɖiya si woyɔna be carbon monoxide. Medzena wokpɔna o, meʋẽna hã o, gake ewua ame le vo me. Anɔ eme be aɖiya siae wu ame siwo katã aɖi wu kpɔ le xexea me godoo la ƒe afã. Ke hã mehiã be nàvɔ̃ o. Mɔ aɖewo li siwo dzi nàto anya be aɖiya sia xɔ yame ale be nàkpɔ ɖokuiwò ta. Ame geɖe ƒle mɔ̃ si dea dzesi aɖiya sia eye ne mɔ̃a na toklã wo la, woɖea afɔ enumake tsɔ kpɔa wo ɖokuiwo ta.

Abe aɖiya sia ene la, míate ŋu akpɔ Satana kple ŋku o, esesẽ be amegbetɔwo nanya be eli, eye wòvɔ̃ɖi ŋutɔ. Gake Mawu megblẽ mí ɖi kura o. Ne èwɔ nunana siwo gbɔna siwo Mawu na mí ŋu dɔ la, mahiã be nàvɔ̃ na Satana o.

Ŋusẽ le mía si be míawɔ tiatia. Yakobo 4:7 ɖo aɖaŋu na mía be: “Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.” Togbɔ be ŋusẽ le Satana si ŋutɔ hã la, mate ŋu azi dziwò be nàwɔ nu si mèdi o. Ŋusẽ le asiwò be nàtia nu si nàwɔ. Biblia gblɔ le 1 Petro 5:9 be: “Mitsi tsitre ɖe [Abosam ŋu], minɔ te sesĩe le xɔse me.” Ðo ŋku edzi be esi Yesu nɔ te sesĩe ɖe Satana ƒe tetekpɔ etɔ̃awo katã nu la, Satana dzo le egbɔ. (Mateo 4:11) Wò hã àte ŋu atiae be yeatsi tsitre ɖe Satana ŋu nenema ke.

Xɔlɔ̃dzedze Mawu. Yakobo 4:8 de dzi ƒo na mí be ‘míate ɖe Mawu ŋu.’ Yehowa ŋutɔ le kpewòm be nàzu ye xɔlɔ̃ kplikplikpli. Aleke nàte ŋu adze xɔlɔ̃ Yehowa? Gbã la, mɔ nyuitɔ si dzi nàto awɔ esiae nye be nàsrɔ̃ nu tso eŋu le Biblia me. (Yohanes 17:3) Ŋusẽ si nu si nèsrɔ̃ tso Yehowa ŋu akpɔ ɖe dziwòe nye be ana nàlɔ̃e, eye lɔlɔ̃ ma aʋã wò be nàwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (1 Yohanes 5:3) Ne èle tetem ɖe Fofowò si le dziƒo ŋu la, aleke wòawɔ nu ɖe ŋuwòe? Yakobo yi edzi gblɔ be, Mawu ‘ate ɖe ŋuwò.’

Yehowa wɔ ɖoɖo siwo akpɔ tawò tso Satana si me

Edo ŋugbe be yeakpɔ mía ta. Lododowo 18:10 gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkɔ enye mɔ̃ sesẽ; afi ma ame dzɔdzɔe la sina yina, eye wònɔa dedie.” Gake esia mefia be gbesae Mawu ŋkɔa nye o. Ke boŋ efia be ame siwo dea bubu Mawu ƒe ŋkɔa ŋu le nyateƒe me la ate ŋu ayɔe ɣesiaɣi be wòakpɔ yewo ta.

Kpɔɖeŋu si míasrɔ̃. Dɔwɔwɔwo 19:19 gblɔ nya dedziƒoname sia tso Efesotɔ siwo va zu Kristotɔwo la ŋu be: “Akunyawɔlawo dometɔ gbogbo aɖewo tsɔ woƒe agbalẽwo katã vae, eye wotɔ dzo wo le amewo katã ŋkume. Esi wobu woƒe home la,  wokpɔe be ede klosalo akpe blaatɔ̃.” * Kristotɔ mawo gblẽ nu sia nu si do ka kple gbɔgbɔyɔyɔ la dome, aleke gbegbee nua ɖaxɔ asii o. Kpɔɖeŋu ma ate ŋu aɖe vi geɖe na mí egbea. Xexe sia nyrɔ eɖokui ɖe vivimenuwɔwɔ kple gbɔgbɔyɔyɔ me vĩi. Nu siwo wozãna le gbɔgbɔyɔyɔ me kpakple nuwɔna siwo adze abe naneke megblẽ le wo ŋu o la ate ŋu ana gbɔgbɔ vɔ̃wo nakpɔ ŋusẽ ɖe ame dzi. Ele vevie be nàɖe asi le nu mawo katã ŋu, aleke gbegbe woɖaxɔ asie o.5 Mose 18:10-12.

Rogelio, si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati siawo ƒe gbãtɔ me, mexɔe se be Abosam li o hena ƒe 50 sɔŋ. Gake egbugbɔ lé ŋku ɖe eƒe nuŋububu ŋu. Nu ka tae? Rogelio gblɔ be: “Zi gbãtɔ si Biblia ka asinye la, mexlẽe. Eye nu siwo mesrɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo me na meka ɖe edzi be Abosam li ŋutɔŋutɔ. Esia kpɔ tanye tso eƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo me.”

Nu siwo mesrɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo me na meka ɖe edzi be Abosam li ŋutɔŋutɔ. Esia kpɔ tanye tso eƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo me”

Ðe nèle mɔ kpɔm na ɣeyiɣi aɖe si me Satana maganɔ anyi oa? Ɣeyiɣi ma ava godoo. Ŋɔŋlɔawo gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava si me woatsɔ Abosam, si kplɔa ame geɖewo tranae la ‘aƒu gbe ɖe ta, si me dzo kple dzokpe le la me.’ (Nyaɖeɖefia 20:10) Enye nyateƒe be dzo kple dzokpe ŋutɔŋutɔ mate ŋu awɔ naneke gbɔgbɔmenuwɔwɔ o. Eya ta dzota si le bibim la le tsi tre ɖi na tsɔtsrɔ̃ mavɔ. Woatsrɔ̃ Satana ɖikaa. Dzidzɔɣeyiɣi ka gbegbee wòanye na ame siwo lɔ̃a Mawu!

Gake fifia la, dze agbagba nàyi edzi anɔ nu geɖe srɔ̃m tso Yehowa kple eƒe mɔwo ŋu. * Kpɔe ɖa le susu me ko be yele agbe le ɣeyiɣi si woagblɔ kple kakaɖedzi mlɔeba be “Satana megali o!”

^ mm. 8 Ne klosalo siawo nye Romatɔwo ƒe denario la, ekema ga bliboa ƒe home anye fetu si woaxe na dɔwɔla 50,000 le ŋkeke ɖeka dzi—ga gbogbo aɖe ŋutɔe nye ema!

^ mm. 11 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso Satana kple gbɔgbɔyɔyɔ ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 10 lia me. Ate ŋu abia agbalẽ sia Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe.