Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀTE ŊU ATE ÐE MAWU ŊU

Èwɔa Nu Si Mawu Dia?

Èwɔa Nu Si Mawu Dia?

“Nu sia nu si dim nèle la, wò ya gblɔe nam ko ado dzidzɔ nam be mawɔe na wò.” Asesẽ be nàgblɔ nya sia na ame aɖe si menya o alo ame aɖe si menye xɔ̃wò o. Gake, masesẽ na wò kura be nàgblɔ nya sia na xɔ̃wò vevi aɖe o. Xɔlɔ̃ veviwo tea ŋu wɔa nu si wo xɔlɔ̃wo di la na wo faa.

Biblia gblɔ be Yehowa wɔa nu si wòkpɔ be ana ye subɔlawo nakpɔ dzidzɔ la na wo edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, Fia David si nye Yehowa xɔlɔ̃ la gblɔ be: “Yehowa, nye Mawu, wò nukunu kple wò tamesusu, siwo nèɖe fia ɖe mía ŋu la, sɔ gbɔ,  . . . womele xexlẽ me o.” (Psalmo 40:6) Gawu la, Yehowa wɔ nu geɖe siwo na dzi dzɔa ame siwo mekpɔ dze sii gɔ̃ hã o. Etsɔ ‘nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa woƒe dziwo me fũu.’Dɔwɔwɔwo 14:17.

Míetsɔa dzidzɔ wɔa nu na ame siwo míelɔ̃ hedea bubu wo ŋu

Esi wònye be Yehowa wɔa nu si doa dzidzɔ na amewo ta la, susu le eme be ame siwo di be yewoanye Mawu xɔlɔ̃wo la nawɔ nu si ado ‘dzidzɔ na eƒe dzi.’ (Lododowo 27:11) Gake nu ka koŋue nàwɔ atsɔ ado dzidzɔ na Mawu? Biblia ɖo eŋu be: “Migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.” (Hebritɔwo 13:16) Ðe esia fia be nyuiwɔwɔ kple nunana amewo koe nye nu siwo hiã be míatsɔ ado dzidzɔ na Mawua?

Biblia gblɔ be: “Ne xɔse mele ame si o la, mate ŋu adze eŋu nyuie o.” (Hebritɔwo 11:6) Eɖe dzesi be esi “Abraham xɔ Yehowa dzi se” megbee “wova yɔe be Yehowa xɔlɔ̃.” (Yakobo 2:23) Yesu Kristo hã te gbe ɖe edzi be hafi Mawu nayra mí la, ele be ‘míaxɔ Mawu dzi ase.’ (Yohanes 14:1) Ke aleke nàwɔ be xɔse si dim Mawu le tso ame siwo wòdzea xɔlɔ̃e la si nasu asiwò? Gbã la, ele be nàsrɔ̃ eƒe Nya, Biblia la edziedzi. Esia akpe ɖe ŋuwò “eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti sidzedze vavãtɔ” nasu asiwò ale be ‘nàdze eŋu bliboe.’ Eye ne èna sidzedze vavã si ku ɖe Yehowa ŋu le asiwò sum, eye nènɔa agbe ɖe eƒe mɔfiame dzɔdzɔeawo nu la, wò xɔse asẽ ŋu ɖe edzi, eye eya hã anɔ tetem ɖe ŋuwò kplikplikpli.Kolosetɔwo 1:9, 10.