Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe blemaduwo nɔƒe ŋuti numekukuwo wɔ ɖeka kple Biblia me nyawoa?

Woyɔ Asiria fia Sargon II ŋkɔ le Yesaya 20:1

Nyati aɖe si wota ɖe Biblia Me Duwo Nɔƒe Kulawo Ƒe Nyatakakagbalẽ (si le Eŋlisigbe me) me la gblɔ be, fifia la, woate ŋu atsɔ nu siwo ŋu blemaduwo nɔƒe kulawo ke ɖo la aɖo kpe edzi be ame siwo ŋkɔwo woyɔ le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ “50 ya teti” nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ. Ame siawo dometɔ 14 nye Yuda kple Israel fiawo; esiwo ƒe ŋkɔ nyɔ, abe David kple Xizkiya ene, kple esiwo ame geɖe menya o, abe Menaxem kple Pekax ene. Farao 5, kple Asiria, Babilon, Moab, Persia, kpakple Aram fia 19 hã le ame siwo ƒe anyinɔnɔ dzi woate ŋu aɖo kpee la dome. Gake menye fiagãwo ƒe anyinɔnɔ dzi koe Biblia kple blemaduwo nɔƒe kulawo ƒe numekukuwo ɖo kpee o. Ke woɖo kpe ame tsɛwo, abe nunɔlagãwo, agbalẽfiala aɖe, kple dumegã bubuwo ene, hã ƒe anyinɔnɔ dzi.

Nyatia gblɔ be, “agbalẽnyala gbogbo aɖewo lɔ̃ ɖe edzi” be kpeɖodzi sẽŋuwo li be ame mawo nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ. Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo hã yɔ ame bubu geɖe siwo nɔ anyi le blema ƒe ŋkɔwo, eye nu siwo ŋu woke ɖo le blemaduwo nɔƒe kuku me la li woatsɔ aɖo kpe edzi be ame siwo nye Herodes, Pontio Pilato, Tiberio, Kayafa, kple Sergio Paulo hã nɔ anyi kpɔ.

Ɣekaɣie dzatawo nu yi le anyigba siwo dzi woŋlɔ Biblia le dzi?

Dzata si wotsɔ kpe zɔzrɔ̃e ɖe ɖe gli ŋu, si wotsɔ tso blema Babilon

Togbɔ be dzata ɖeka pɛ hã megale Anyigba Kɔkɔea dzi woakpɔ egbea o hã la, woƒo nu tso lã sia ŋu le Ŋɔŋlɔawo me zi 150 sɔŋ, si ɖee fia be Biblia-ŋlɔlawo nya nu tso dzata ŋu nyuie. Woƒo nu tso eŋu le teƒe mawo dometɔ akpa gãtɔ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me; ke hã, ame aɖewo do go dzatawo ŋkume kple ŋkume. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be Simson, David, kple Benaya wowu dzatawo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 14:​5, 6; 1 Samuel 17:​34, 35; 2 Samuel 23:​20) Gake dzatawo wu ame bubuwo.​—1 Fiawo 13:​24; 2 Fiawo 17:⁠25.

Le blema la, afi siwo wokpɔa dzata (Panthera leo persica) le le Asianyigba dzi ye nye tso Asia Sue va ɖo Palestina nutowo me, Siria, Mesopotamia, kple India ƒe dzieheɣetoɖoƒe. Vɔvɔ̃ kple bubu nɔ lã sia ŋu, eye wokpɔa eƒe nɔnɔmetatawo le Ɣedzeƒetɔwo ƒe nutatawo me zi geɖe. Wotsɔ kpe zɔzrɔ̃ewo ɖe dzata ƒe nɔnɔme dzeaniwo ɖe gli ŋu le blema Babilon ƒe Gbɔlɔmɔ Gã la dzi.

Wogblɔ be atitsogaʋawɔlawo da ade dzatawo le Palestina le ƒe alafa 12 lia ƒe nuwuwu lɔƒo. Eya ta edze abe ƒe 1300 megbe kpui ye dzatawo nu yi ene. Ke hã, woka nya ta be dzatawo kpɔtɔ nɔ Mesopotamia kple Siria kaka va de asi na ƒe alafa 19 lia me, eye wokpɔtɔ nɔ Iran kple Iraq kaka va ɖo ƒe alafa 20 lia ƒe domedome.