Ale Si Boso Ƒomevi Aɖe Tea Ŋu Doa Ðii
Boso ƒomevi sia (Cuvier’s beaked whale) tea ŋu doa ɖi ɖe atsiaƒu me meta 2,992 sɔŋ, afi si tsia ƒe kpekpeme nɔa abe kilopascal 30,300 ene. Boso sia tea ŋu nɔa tsi gɔme ɣeyiɣi didi aɖe. Esi wolé ŋku ɖe wo dometɔ ɖeka ŋua, wode dzesii be esi wòdo ɖia, ete ŋu nɔ tsia te gaƒoƒo 3 miniti 42 hafi gado ɖe tsia ta be yeagbɔ ya. Tsi ƒe kpekpeme nu sẽna ŋutɔ le ƒu gɔme, eye boso sia mate ŋu agbɔ ya le afi ma hã o. Ke aleke wòwɔna nɔa agbe le tsia gɔme ɣeyiɣi didi ma gbegbe?
Abe ƒumelã gã bubuwo enea, boso sia hã ƒe dzitodzitowo kple axameƒuwo tea ŋu míana bɔbɔe, eye esia kpɔa eƒe dzitodzitowo ta be megawó le tsia ƒe kpekpeme ta o. Azɔ hã, numekulawo de dzesii be nu eve aɖewo wɔnɛ be ɔksidzin-ya si ƒumelã gãwo zãnaa nɔa ʋɛ. Gbã, woƒe dzi metsona kabakaba o, eye evelia, ʋu sina tsoa woƒe ŋutinu bubuwo me yia woƒe ahɔhɔ̃, dzi, kple lãmekawo me.
Tsɔ kpe ɖe eŋua, lãmetsi tɔxɛ aɖe (myoglobin alo myoglobine) wɔnɛ be ƒumelã gãwo tea ŋu dzraa ɔksidzin ɖo ɖe woƒe lãmekawo me. Eye ne wodo ɖi ɖe tsia mea, wowɔa ɔksidzin si le lãmetsia mea ŋu dɔ. Lãmetsi tɔxɛ sia si nɔa woƒe lãmekawo mea sɔ gbɔ sãsãsã wu esi nɔa amegbetɔwo kple anyigba dzi lãwo me.
Ke hã, numekulawo gblɔ tso boso siawo ŋu be: “Afi si gbegbe wotea ŋu doa ɖi yinaa wɔ nuku ŋutɔ. Míesrɔ̃ nu geɖe tso lãwo ŋu, gake ale si gbegbe boso sia tea ŋu doa ɖi yia toe kple ɣeyiɣi didi si wònɔa afi ma la gbɔ míaƒe nugɔmesese ŋu.” Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le mɔ kpɔm be yewoava se ale si boso sia doa ɖii la gɔme nyuie wu, elabe ɖewohĩ ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woawɔ dɔ na ame siwo ŋu dzitodzito ƒe dɔwo lea nyuie wu.
Nu kae nèsusu? Ðe ŋutete si le boso sia si be wòado ɖi ɖe ƒu gɔme ʋĩi eteƒe nadidia dzɔ le eɖokui sia? Alo ɖe wowɔea?