SƆHƐWO BIANA BE
Nu Kae Mawɔ Be Dzinyelawo Naka Ðe Dzinye?
Nu si wòle be nànya
Ne èɖenɛ fiana be woate ŋu aka ɖe ye dzi la, amewo agaka ɖe dziwò geɖe wu. Dziwòlawo ƒe sededewo dzi wɔwɔ le ko abe ga aɖe si nèdo la xexe ene. Ènyi toɖoɖo ƒe fe le dziwòlawo ŋu, eye zi ale si nèwɔa nuteƒe le ‘fea xexe’ me la, zi nenemae woagalɔ̃ faa ‘ado ga’ bubu na wò, si fia be woagana ablɔɖe geɖe wu wò. Gake ne mèwɔa nuteƒe o la, megawɔ nuku na wò ne dziwòlawo xɔ ablɔɖe si wona wò tsã la ƒe ɖe le asiwò o.
Exɔa ɣeyiɣi hafi wova kana ɖe ame dzi. Hafi dziwòlawo nate ŋu ana ablɔɖe geɖe wu wò la, ele be nànɔ eɖem fia enuenu be yeɖoa to wo.
NU SI DZƆ ŊUTƆŊUTƆ: “Esi menye ƒewuivi la, menya nu siwo tututu dzinyelawo di tso asinye, eya ta mewɔa nu abe ɖe menɔ nu si wodi tso asinye la wɔm ene, ke hã, mewɔa nu siwo nye ŋutɔ medi la le bebeme. Esia wɔe be eva sesẽ na dzinyelawo be woaka ɖe dzinye. Eteƒe medidi o, meva srɔ̃ nu vevi sia be: Màte ŋu able dziwòlawo asusu be ema wɔwɔ ye ana ablɔɖe geɖe wu nasu ye si o. Ele be wò nuwɔnawo naɖee afia be woate ŋu aka ɖe dziwò.”—Craig.
Nu si nàte ŋu awɔ
To nyateƒe ne esia made dziwò o gɔ̃ hã. Ame sia ame daa vo, gake alakpadada be yeatsɔ atsyɔ wò vodadawo dzi (alo nyaa ƒe akpa aɖe ɣaɣla be nyateƒea nagadze o) awɔe be dziwòlawo magaka ɖe dziwò kura o. Gake ne dziwòlawo nya wò be ètoa nyateƒe ɣesiaɣi la, woagade bubu ŋuwò geɖe wu le esi nèlɔ̃na ɖe wò vodadawo dzi ta. Eye esiae awɔe be woaka ɖe dziwò.
“Ne èda vo la, mefia kokoko be womagaka ɖe dziwò o, gake ne èdzea agbagba be yeaɣla wò vodadawo la, ke womagaka ɖe dziwò kura o.”—Anna.
Biblia gblɔ be: “Míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—Hebritɔwo 13:18.
Bu nya sia ŋu kpɔ: Ne dziwòlawo bia nya wò tso afi si yim nèle kple nu si wɔ ge nèyina ŋu la, ɖe nègblɔa nyateƒea katã na woa? Alo ne dziwòlawo bia nya wò tso afi si nètso kple nu siwo nèva wɔ ŋu la, ɖe nèɣlaa nyaa ƒe akpa aɖewo ɖe woa?
Wɔ nu siwo wobia tso asiwò. Wɔ dziwòlawo ƒe sededewo katã dzi. Mègahe megbelele le aƒemedɔwo wɔwɔ ŋu o. Nye gamedzinɔla. Lé fɔ ɖe wò sukudɔdeasiwo wɔwɔ ŋu. Gbɔ va aƒe me ɖe game si woɖo na wò la dzi.
“Ne dziwòlawo ɖe mɔ na wò be nàdo kple xɔ̃wò aɖewo gake wobia tso asiwò be nàgbɔ va aƒe me zã ga 9, gake nègbɔ va aƒe me zã gã 10 kple afã la, ke mèganɔ mɔ kpɔm be woagaɖe mɔ na wò ɣebubuɣi be nàdo kple xɔ̃wòwo o!”—Ryan.
Biblia gblɔ be: “Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi.”—Galatiatɔwo 6:5, etenuŋɔŋlɔ.
Bu nya sia ŋu kpɔ: Le nuwo abe gamedzinɔnɔ, wò dɔdeasiwo nu wuwu kple dziwòlawo ƒe sewo—esiwo medzɔa dzi na wò o gɔ̃ hã—dzi wɔwɔ gome la, ame kae wonya wò be nènye?
Gbɔ dzi ɖi. Ne èwɔ nane kpɔ si wɔe be dziwòlawo megaka ɖe dziwò o la, axɔ ɣeyiɣi hafi woagava ka ɖe dziwò. Eya ta gbɔ dzi ɖi na wo.
“Esi metsi xɔ ƒe aɖe gake dzinyelawo meɖe mɔ nam be mawɔ nanewo o la, ete ɖe dzinye ŋutɔ. Nyemekpɔe dze sii ɣemaɣi be tsitsi le ƒe me le vovo na tsitsi le susu me o. Megblɔe na dzinyelawo be woana mɔnukpɔkpɔwom maɖee afia be menye ame si dzi woate ŋu aka ɖo. Wova ka ɖe dzinye mlɔeba, gake exɔ ɣeyiɣi. Eye meva kpɔe be menye ƒe si ame xɔ ye ana woaka ɖe edzi o, ke boŋ eƒe nuwɔnawoe.”—Rachel.
Biblia gblɔ be: “Minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.”—2 Korintotɔwo 13:5.
Bu nya sia ŋu kpɔ: Be dziwòlawo nagaka ɖe dziwò la, nu kawoe nàte ŋu awɔ be ‘woakpɔ ame si ƒomevi nènye’?
KPEKPEÐEŊU: Ðoe be nàɖo taɖodzinu aɖe gbɔ; ate ŋu anye be nànɔ game dzi nɔm, nànɔ wò dɔdeasiwo nu wum, nànɔ aƒe me vam ɖe game si dziwòlawo ɖo na wò la dzi, alo nu bubu aɖe. Na dziwòlawo nanya nu tso wò taɖodzinua ŋu eye nàbia wo woagblɔ nu si wokpɔ mɔ be nàwɔ ale be woaka ɖe dziwò la na wò. Eye nàdze agbagba vevie awɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: ‘Miɖe amenyenye xoxo si sɔ ɖe miaƒe agbenɔnɔ tsãtɔ nu la ɖa.’ (Efesotɔwo 4:22) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, dziwòlawo ade dzesi wò agbagbadzedzewo!