Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ne Dzɔdzɔmefɔkuwo Dzɔ La, Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míekpena Ðe Amewo Ŋu

Ne Dzɔdzɔmefɔkuwo Dzɔ La, Lɔlɔ̃ Ʋãa Mí Míekpena Ðe Amewo Ŋu

Le hiãɣiwo la, Yehowa Ðasefowo kpena ɖe woƒe haxɔsetɔwo kple ame bubuwo siaa ŋu. Wowɔa esia tsɔ ɖea lɔlɔ̃, si nye Kristotɔ vavãwo ƒe dzesi la fiana.​—Yohanes 13:35.

Kpekpeɖeŋu siwo míena amewo le ɣleti 12 kple edzivɔ me, tso ƒe 2011 me va se ɖe ƒe 2012 ƒe domedome la dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esiwo gbɔna. Ale si míetsɔa Biblia me nyawo dea dzi ƒo na amewo hefaa akɔ na wo godoo le nɔnɔme siawo me ya mele eme o. Kpekpeɖeŋunakɔmiti siwo míaƒe alɔdzedɔwɔƒewo ɖoa anyi la koŋue naa kpekpeɖeŋua akpa gãtɔ. Eye hame siwo le teƒe siwo afɔkuawo dzɔ le la hã naa kpekpeɖeŋu enuenu.

Japan

Japan: Le March 11, 2011 dzi la, anyigbaʋuʋu le Japan si wɔe be nu si woyɔna be tsunami la ɖi kpe Japan ƒe dziehe gome tɔ alafa geɖewo. Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo zã woƒe ga, aɖaŋu kple nunɔamesiwo dɔmenyotɔe tsɔ na kpekpeɖeŋu ame siwo hiã tu. Kpɔ míaƒe video si ku ɖe ale si wokpe ɖe ame siwo ŋu Japan ƒe anyigbaʋuʋua gblẽ nu le la ŋu.

Brazil: Tsiɖɔɖɔwo, agaɖeviwo kple ba siwo dudu tso towo dzi la wu ame alafa geɖewo. Esia wɔe be Yehowa Ðasefowo ɖo nuɖuɖu siwo megblẽna kaba o tɔn 42, tsi atukpa 20,000, awudodo tɔn 10 kple aƒemedzraɖonu tɔn 5 hekpe ɖe atike kple nu bubuwo ŋu la ɖa.

Congo (Brazzaville): Esi tukpewo wó le tuxɔ aɖe me la, egbã Yehowa Ðasefo 4 ƒe aƒewo keŋkeŋ eye wògblẽ nu le wo dometɔ 28 ƒe aƒewo ŋu. Míetsɔ nuɖuɖu kple tsi yi na ame siwo hiã tu, eye Ðasefo siwo le afi ma la xɔ ƒome siwo ŋu afɔkua gblẽ nu le la ɖe woƒe aƒewo me.

Congo (Kinshasa): Míena atike ame siwo lé koléra. Míena awudodowo ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le. Míena atike, nuku siwo woaƒã, kple awudodo tɔn geɖewo sitsoƒedila siwo le sitsoƒesaɖawo me.

Venezuela: Tsidzadza gãwo na tsi ɖɔ eye bawo dudu tso towo dzi va lé amewo. Kpekpeɖeŋunakɔmitiwo kpe ɖe Ðasefo 288 siwo ŋu afɔku siawo gblẽ nu le la ŋu. Wotso aƒe yeye 50 kple edzivɔ na nɔviawo. Gakpe ɖe eŋu la, wole kpekpem ɖe ame siwo ƒe aƒe Valencia Tá si ɖɔ ate ŋu aɖe la ŋu.

Philippines

Philippines: Ahom gblẽnuwo na tsi ɖɔ ɖe dukɔa ƒe akpa aɖewo. Esi tsia mie vie la, alɔdzedɔwɔƒea ɖo nuɖuɖu kple awudodowo ɖe Ðasefo siwo le nuto mawo me, siwo ŋu dzɔdzɔmefɔku sia gblẽ nu le la.

Canada: Esi dzo dze ave le Alberta la, Ðasefo siwo le nutoa me ɖo ga gbogbo aɖe ɖe Slave Lake Hamea be woazãe atsɔ adzra teƒeawo ɖo. Esi hamea mehiã gaa katã o ta la, hamea tsɔ gaa ƒe akpa gãtɔ wɔ nudzɔdzɔe be woatsɔ akpe ɖe ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ nu le le xexea ƒe akpa bubuwo la ŋu.

Côte d’Ivoire: Wona nuzazãwo, mlɔƒewo kple atikewo ame siwo hiã tu do ŋgɔ na aʋa si dzɔ le dukɔa me, le aʋaa wɔɣi me kple aʋaa megbe siaa.

Fiji: Esi tsi gãwo dza ɖe amewo ta la, tsiɖɔɖɔa gblẽ Ðasefowo ƒe ƒome 192 ƒe agblewo dome, evɔ agblemenuku siawoe woɖuna eye woawo kee wodzrana kpɔa ga. Kpekpeɖeŋunakɔmitiwo tsɔ nuɖuɖu yi na wo.

Ghana: Wotsɔ nuɖuɖu kple nuku siwo woaƒã yi na ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le dukɔa ƒe ɣedzeƒenutome, eye wogbugbɔ tso aƒewo hã.

United States: Ya ʋuduʋuduwo gblẽ nu le Ðasefo 66 ƒe aƒewo ŋu eye wogbã Ðasefo 12 ƒe aƒewo ya keŋkeŋ. Togbɔ be nugblẽfexehabɔbɔwo agbugbɔ nɔvi siawo dometɔ akpa gãtɔ ƒe aƒewo atso na wo hã la, nɔviwo dzɔ ga ɖo ɖe wo nɔviwo be woatsɔ akpe ɖe wo ŋu woatrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu.

Argentina: Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kpe ɖe ame siwo le dukɔa ƒe anyiehe la ŋu esi dzoto aɖe wó gblẽ woƒe aƒewo dome.

Mozambique: Wotsɔ nuɖuɖu yi na ame 1,000 kple edzivɔ siwo ŋu kuɖiɖi gblẽ nu le.

Nigeria: Wona gakpekpeɖeŋu Ðasefo blaeve vɔ ene siwo xɔ abi vevie le ʋufɔku aɖe me. Wona kpekpeɖeŋu ame gbogbo siwo le dukɔa ƒe dziehe gome siwo ƒe aƒewo dome wogblẽ esime to vovovo me tɔwo nɔ subɔsubɔʋawo wɔm.

Benin: Wona atike, nudodowo, mudɔwo, tsinono kple mlɔƒewo ame siwo ŋu tsiɖɔɖɔ gã aɖe gblẽ nu le vevie.

Dominican Republic

Dominican Republic: Le Irene Ahomya ƒe tutu megbe la, hame siwo le dukɔa me dzra amewo ƒe aƒewo ɖo na wo eye wona ŋutilãmekpekpeɖeŋu hã wo.

Ethiopia: Le nuto eve aɖewo siwo me ku ɖi le kple nuto aɖe si me tsi ɖɔ ɖe amewo le me la, míeɖo ga ɖa be woatsɔ akpɔ ame siwo ŋu dzɔdzɔmefɔku siawo gblẽ nu le la gbɔ.

Kenya: Míeɖo ga ɖa be woatsɔ akpe ɖe ame siwo ŋu kuɖiɖi gblẽ nu le la ŋu.

Malawi: Míena kpekpeɖeŋu ame siwo le Dzaleka sitsoƒedilawo ƒe asaɖa me.

Nepal: Agaɖevi dziŋɔ aɖe gblẽ Ðasefo aɖe ƒe aƒe dome. Wotso aƒe aɖe nɛ gbɔ, eye woƒe hamea na kpekpeɖeŋui.

Papua New Guinea: Wotɔ dzo Ðasefo enyi ƒe aƒewo. Míewɔ ɖoɖo gbugbɔ aƒewo tso na wo.

Romania: Tsiɖɔɖɔ gblẽ Ðasefo aɖewo ƒe aƒewo dome. Míegbugbɔ aƒeawo tso na wo.

Mali: Míeɖo ga ɖa tso Senegal, si nye dukɔ si do liƒo kplii, tsɔ kpe ɖe ame siwo nuɖuɖu ƒe hiã tu le esi ku ɖi eye womekpɔ naneke ŋe le woƒe agblewo me o ta la ŋu.

Sierra Leone: Ðɔkta Ðasefo siwo tso France wɔ atike na Yehowa Ðasefo siwo le nuto siwo me wowɔ aʋa le vevie tsã la me.

Thailand: Tsiɖɔɖɔ gblẽnuwo gblẽ nu geɖe le nuto geɖewo me. Míaƒe kpekpeɖeŋunalawo ɖɔ aƒe 100 kple Fiaɖuƒe Akpata 6 ɖo hedzra wo me ɖo.

Czech Republic: Esi tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le aƒe geɖewo ŋu le Czech Republic la, Ðasefo siwo le Slovakia, si nye dukɔ si te ɖe wo ŋu me la va na kpekpeɖeŋu wo.

Sri Lanka: Míewu kpekpeɖeŋunana ame siwo ŋu tsunami gblẽ nu le la ƒe akpa gãtɔ nu.

Sudan: Míeɖo nuɖuɖu, afɔkpawo kple xɔgbaŋewo ɖe Yehowa Ðasefo siwo sí aʋa ɖatsi nuto bubuwo me le woƒe dukɔa me.

Tanzania: Esi tsi ɖe teƒe geɖewo la, ƒome 14 ƒe nunɔamesiwo dome gblẽ. Hame siwo le nutoa me na nudodowo kple aƒemenuzazãwo wo. Wogbugbɔ aƒe ɖeka tso.

Zimbabwe: Kuɖiɖi na be dɔ to le dukɔa ƒe nuto aɖe me. Wona nuɖuɖu kple ga ame siwo ŋu kuɖiɖia gblẽ nu le.

Burundi: Míena atikewo kple kpekpeɖeŋu bubuwo aʋasílawo.